Luke 1:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le Herod si nye Yudea fia ƒe ŋkekewo me la, nunɔla aɖe si woyɔna be Zekaria nye nunɔlawo ƒe ha si woyɔna be Abiya la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zekaria srɔ̃ Elizabet hã tso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye wònye Aron ƒe dzidzimevi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le Herodes, si nye Yudea-fia, ƒe ŋkekewo me la mawununɔlaa ɖe li, eŋkɔ enye Zaxarya, si tso Abiya ƒe ŋkekeɖoɖo me, eye srɔ̃a tso Aron ƒe vinyɔnuviwo dome, eye eƒe ŋkɔ enye Elisabet.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Yudea-fia Herodes ŋɔli la, nunɔla aɖe nɔ anyi si ŋkɔe nye Zaxarya. Etso nunɔlawo ƒe hatsotso si woyɔna be Abiya la me. Srɔ̃a hã tso Aron ƒome la me. Eŋkɔe nye Elizabet.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nye ŋutinya la ƒe gɔmedzedze ku ɖe Yudatɔwo ƒe Osɔfo aɖe si woyɔna be Zakaria, ame si nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Herodes nye fia le Yudea la ŋu. Woma Osɔfo siwo wɔa dɔ le gbedoxɔa me la ɖe ha vovovowo me eye Zakaria nye ha si woyɔna be ‘Abiya’ la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zakaria srɔ̃ Elizabet hã tso Osɔfowo ƒe ƒome me eye wònye Arɔn ƒe dzidzimevi.