Luke 1:66 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame sia ame si se nya sia la bua ta me le eŋu ɣeyiɣi didi aɖe, eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesiwo katã see la, wòlée ɖe ta me le gbɔgblɔm bena: Nuka gɔ̃ ɖevi sia ava zu mahã? Elabena Aƒetɔ la ƒe asi hã li kplii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo katã see la bu eŋuti hegblɔ be: “Nu ka gɔ̃ ɖevi sia ava zu? Elabe Aƒetɔ la ƒe ŋku le eŋu.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame sia ame si se nya sia la bua tame le eŋu ɣeɣiyi didi aɖe eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? ” Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.