Luke 1:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye le nunɔdɔ ƒe kɔnu la nu la, woda akɔ, eye wotia Zekaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ la me, eye wòado dzudzɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
le nunɔnɔdɔ ƒe kɔa nu la, nudzidze dze edzi bena, wòayi ɖe Aƒetɔ la ƒe xɔa me, eye wòamè nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
wotia Zaxarya le nunɔlawo ƒe kɔa nu be wòayi Aƒetɔ la ƒe xɔa me aɖawɔ lifivɔsa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eye le nunɔdɔ ƒe kɔnua nu la, wodzidze nu eye wotia Zakaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔa me eye wòado dzudzɔ.