Luke 10:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve, eye wòdɔ wo eveve ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nusiawo megbe la Aƒetɔ la ɖo ame blaadre bubu, eye wòdɔ wo eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu siawo megbe la, Aƒetɔ la tɔ asi ame bla adrẽ vɔ eve bubuwo dzi, eye wòdɔ wo eveveve, do ŋgɔ ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ gbɔna toto ge la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve eye wòdɔ wo eve, eve ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me.