Luke 10:13 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, ata akpanya anɔ anyi ɖe afi me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Baba na wò, Korazin! Baba na wò, Betsaida! Elabena ɖe wowɔ ŋusẽdɔ, siwo wowɔ le mia dome la, le Tiro kple Zidon la, ne wotrɔ le woƒe dziwo me le akpanya kple afi me nɔnɔ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida hã! Elabe nenye Tiro kple Sidon duwo mee nukunu siwo va eme le mia dome la dzɔ le la, anye ne woata akpanya, asi afi xoxoxo atsɔ afia be yewotrɔ dzime.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidɔn duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, ata akpanyakotoku abɔbɔ nɔ afi me.