Luke 10:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ dzidzɔtɔe be, “Aƒetɔ, ne míeyɔ wò ŋkɔ ko la, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ɖoa to mí.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ame blaadre la gbugbɔ va kple dzidzɔ gblɔ bena: Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo ke hã doa to mi le wò ŋkɔ la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame bla adrẽ vɔ eveawo gbugbɔ va kple dzidzɔ gã, eye wogblɔ be: “Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã naa ta, ne míeyɔ wò ŋkɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ dzidzɔtɔe be, “Ne míeyɔ wò ŋkɔ ko la, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ɖoa to mí.”