Luke 10:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ na wo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o, eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ be wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo meɖe ha o; eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ na wo be: “Nu si ŋe ge woala la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo mesɔ gbɔ o, eya ta miɖe kuku na Aƒetɔ la be wòaɖo nuŋelawo ɖe eƒe agblea me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Egblɔ na wo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o, eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ bena, woadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.