Luke 10:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ eƒe dzi me fũu kple dzidzɔ blibo, eye wògblɔ be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖa tso xexe sia me nunyala gãwo gbɔ, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene. Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le gaƒoƒo ma ke dzi la etso aseye le Gbɔgbɔ kɔkɔe la me gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩewo; ẽ, Fofo, elabena nenemae nyoa ŋuwò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le gaƒoƒo ma me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do dzidzɔ na Yesu ŋutɔ, eye wògblɔ be: “Tɔ́, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, meda akpe na wò be nèɖe nu siwo le ɣaɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo la fia ɖevi suewo. Ẽ, Tɔ́, elabe nenemae dze ŋuwò.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ eƒe dzime fũu kple dzidzɔ blibo eye wògblɔ be, “Mekafu wò, O Fofo, Dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖa tso xexe sia me nunyalagãwo gbɔ eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene. Nyateƒe, Fofo akpe na wò elabena aleae nèdi be wòanɔ.