Luke 10:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo la kple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsua ɖo eŋu be: “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ katã kpakple wò susu katã, eye nàlɔ̃ hawòvi, abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwò ene.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Agbalẽfiala la ɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo, kpakple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nãlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’”