Luke 10:30 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo biabia sia ŋu nɛ kple lododo sia be, “Ŋutsu aɖe si nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yeriko la va ge ɖe adzodalawo si me. Adzodalawo vuvu awu le eŋu, ƒoe vevie, eye wògblẽe ɖe mɔa to wòku afã kple afã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu xɔ dzi gblɔ bena: Amea ɖe tso Yerusalem heyina Yerixo; eye wòɖaɖze adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi woɖe abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi woku afã kple afã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ nɛ be: “Gbe ɖeka la, ŋutsu aɖe ɖi abu tso Yerusalem yina ɖe Yerixo, eye wòge ɖe adzodalawo si me. Wovuvu awu le eŋu, ƒoe wòku afã kple afã, eye wogblẽe ɖi hedzo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo biabia sia ŋu nɛ kple lododo sia be, “Ŋutsu aɖe si nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yeriko la va ge ɖe adzodalawo sime. Adzodala siawo ƒoe nyuie eye woɖe ga kple eƒe awuwo le eŋu hegblee ɖe mɔa to wònɔ kudɔ ƒom.”