Luke 10:31 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dzɔgbenyuitɔe la, Yudatɔwo ƒe nunɔla aɖe va to afi ma yina, esi wòkpɔ amea le mɔa to la, edze to eŋu yi ɖato mɔa ƒe akpa evelia, eye wòdzo le egbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke eva ve me bena, mawununɔlaa ɖe va to mɔ ma yina, eye esi wòkpɔe la, eto eŋu heyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eva va eme be nunɔla aɖe va to mɔ ma ke dzi yina. Esi wòkpɔ ŋutsua la, edze to akpa bubu dzo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Dzɔgbenyuitɔe la, Yudatɔwo ƒe Osɔfo aɖe va to afi ma yina. Esi wòkpɔ amea le mɔa to la, edze to eŋu yi ɖato mɔa ƒe akpa evelia eye wòdzo le egbɔ.