Luke 10:34 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Etɔ, dze klo ɖe egbɔ, eye wòklɔ eƒe abiawo hetsɔ ami kple wain ɖo wo me hebla abiawo. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi, eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va ɖo amedzrodzeƒe aɖe, eye wònɔ egbɔ zã bliboa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye esi wòva egbɔ la, etsɔ ami kple wein hekɔ ɖe eƒe abiawo me, eye wòbia wo, eye esi wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe lã dzi la, ekplɔe yi amedzrodzeƒe, eye wòkpɔ edzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ete ɖe eŋuti, kɔ ami kple wain ɖe eƒe abiawo me hebla wo. Emegbe la, ekɔ amea da ɖe eya ŋutɔ ƒe lã si dom wòle la dzi yi amedzrodzeƒe aɖe, eye wòkpɔ edzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Etɔ, dze klo ɖe egbɔ eye wòklɔ eƒe abiawo hetsɔ atike ɖo wo me. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va ɖo amedzrodzeƒe aɖe eye wònɔ egbɔ zã bliboa.