Luke 10:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o, elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye aƒe ma me ke mianɔ, aɖu, eye ano nusi ke le wo si; elabena dɔwɔla dze eƒe fetu. Migatso aƒe me yi aƒe me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Minɔ aƒe ma ke ko me. Miɖu nu si wowɔ, eye mino nu si wona mi la, elabe dɔwɔlae woxea fetu na. Migadzo le aƒe ɖeka me yi bubu me o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la nu maƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu.”