Luke 10:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye mida gbe le dɔléla, siwo le eme la ŋu, eye migblɔ na wo bena: Mawufiaɖuƒe la gogo mi vɔ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye mida gbe le dɔnɔ siwo le dua me la ŋu. Miɖe gbeƒã be, ‘Mawu ƒe fiaɖuɖu la gogo mi!’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu eye miɖe gbeƒã na wo bena, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’”