Luke 11:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me, eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la, dukɔa agbã, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũu kple dzre la, mate ŋu anɔ te o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wonyã woƒe tamesusuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si ma ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezu aƒedo, eye xɔ mũ dze xɔ dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu dze si woƒe susu, ale wògblɔ na wo be: “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si me memama le la gbãna, eye ƒome siwo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la tsrɔ̃na.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la, dukɔa agbã, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũu kple dzre la, mate ŋu anɔ te o.”