Luke 11:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nenye be enye nyateƒe abe ale si miegblɔe be Belzebul ye le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la, aleke Satana ƒe fiaɖuƒe anɔ tee, nenye be ema ɖe eya ŋutɔ ŋuti?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne Satana hã ma ɖe ye ŋutɔ ŋuti la, aleke eƒe fiaɖuƒe la anɔ anyii mahã? Elabena miegblɔ bena, menya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo goe to Beelzebul dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne memama le Satana ƒe fiaɖuƒe me la, ale ke eƒe fiaɖuɖu la ate ŋu ali ke?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenye be enye nyateƒe abe ale si miegblɔe be Satanae le dɔ wɔm le menye be menya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la, aleke eƒe fiaɖuƒe anɔ tee?