Luke 11:19 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye nenye be miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nye la, ne menya gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo goe to Beelzebul dzi la, ekema mia viwo la, ameka dzie woto nyã wo do goe mahã? Le esia ta woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ ne wònye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia dzie meto nyà gbɔgbɔ vɔ̃wo la, ekema mia viwo ya ɖe, ame ka dzie wotona nyàa wo doa goe? Woawoe atso nya sia me na mi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye nenye be Satana ƒe ŋusẽe le menye ɖe, nu kae le miawo ŋutɔ miaƒe amewo me? Woawo hã tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa? Alo miebu be esia fia kɔtee be Satana ƒe gbɔgbɔe le wo mea? Mibia wo se kpɔ be miaƒe nya la nye nyateƒe mahã?