Luke 11:33 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔnɛ ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi be wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amea ɖeke mesia akaɖi dana ɖe ɣaɣlaƒe alo afianu te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, bena amesiwo le yiyim ɖe eme la, nakpɔ kekeli.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ame aɖeke mesia akaɖi dana ɖe ɣaɣlaƒe alo tsyɔa nu edzi o, ke edanɛ ɖe akaɖiti dzi boŋ bene wòaklẽ na ame siwo le xɔa me vam la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔna ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi bena wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me.