Luke 11:36 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me, eye viviti aɖeke mele mewò o la, ekema wò gotagome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewò ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ, ne wò ŋutilã blibo la me klẽ, eye afia ɖeke medo viviti o la, eme; blibo la katã laklẽ, abe alesi akaɖi kple eƒe keklẽ klẽna na wò ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wò ameti blibo la me kɔ, eye akpa aɖeke medo viviti le eme o la, wò ameti blibo la me akɔ keŋ, abe ale si akaɖi klẽna ɖe nu dzi wòkɔna la ene.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me eye viviti aɖeke mele mewò o la, ekema wò gota gome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewò ene.”