Luke 12:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha la dzi ɖe edzi akpeakpewo ale gbegbe be afɔɖoƒe meganɔ anyi o. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple woƒe alakpanuwɔnawo ŋu. Wowɔa nu abe ame nyui ene, evɔ wovɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake woƒe alakpanuwɔnawo ava dze go gbe ɖeka.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi ameha, si ƒe xexlẽme ade akpeakpewo, va ƒo ƒu ale bena, wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi la, ede asi gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo gbã bena: Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣeyiɣi sia me la, ame akpeakpewo ƒo ƒu, ale gbegbe be wole afɔ ɖom wo nɔewo dzi. Tete Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo gbã gblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le Farisitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu, si nye alakpanuwɔwɔ la ŋuti.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha la dzi ɖe edzi akpeakpewo ale gbegbe be afɔɖoƒe meganɔ anyi o. Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple woƒe alakpanuwɔnawo ŋu. Wowɔa nu abe ame nyui ene evɔ wo vɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake woƒe alakpanuwɔnawo ava dze go gbe ɖeka.