Luke 12:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nenye be ame aɖe ƒo nu vɔ̃ɖi le nye Amegbetɔ Vi la ŋu la, ɖewohĩ woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya vɔ̃ɖi aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesiame si agblɔ nya ɖe Amegbetɔvi la ŋuti la, woatsɔe akee; ke amesi agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋuti la, womele etsɔ ge akee o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si agblɔ nya vlo aɖe ɖe Amegbetɔ Vi la ŋuti la, woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya vlo aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womele etsɔ ge akee akpɔ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenye be ame aɖe ƒo nu vɔ̃ɖi le ŋunye la, ɖewohĩ woatsɔe akee, ke ame si agblɔ nya vɔ̃ɖi aɖe ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o.”