Luke 12:33 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Midzra nu siwo le mia si la, eye mitsɔ wo na ame dahewo. Mitɔ gakotoku siwo megblẽna o la na mia ɖokui, eye midzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo bene woanɔ dedie. Fiafi mele afi ma o, eye agbagblaʋui hã meɖua nu li o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Midzra nu siwo le mia si eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, la fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o.