Luke 12:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke mele egblɔm na mi xɔ̃nyewo be, “Migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mele egblɔm na mi, xɔ̃nyewo, bena: Migavɔ̃ amesiwo wua ŋutilã, eye esia megbe la naneke megale wo si wu bena, woawɔ o la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Xɔ̃nyewo, mele egblɔm na mi be migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, eye le esia megbe la, naneke megale wo si woate ŋu awɔ wu ema o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔvi lɔlɔ̃wo, migavɔ̃ na ame siwo di be yewoawu mi o. Ŋutilã la koe woate ŋu awu, ke womekpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe luʋɔwo ya dzi o.