Luke 12:46 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo si menya o la dzi, eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ si wòdae ɖo, eye wòadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
dɔla ma ƒe aƒetɔ ava le ŋkeke, si mele mɔ kpɔm ne o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi, eye wòafee ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe ame mawɔnuteƒewo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eƒe aƒetɔ ava le ŋkeke si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple ɣeyiɣi si menya o la me. Ahe to nɛ vevie eye wòana gomee le ame mawɔnuteƒewo dome.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eƒe aƒetɔ agbɔ le eƒe manyamanya me eye wòaɖee ɖa le nɔƒe kɔkɔ si wòdae ɖo eye wòadae ɖe ame mawɔnuteƒewo dome.