Luke 12:56 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame kple anyigba ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe nu si gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alakpatɔwo! Mienya alesi miaɖo anyigba kple dziƒo ƒe ŋku me akpɔ: ke aleke wɔ, bena mienya alesi míado ɣeyiɣi sia akpɔ o mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alakpatɔwo! Miete ŋu léa ŋku ɖe anyigba kple dziƒo ƒe nɔnɔme ŋu, eye mienyaa nu si gbɔna la gblɔna, ale ke wɔ miete ŋu lé ŋku ɖe fifi ɣeyiɣi sia ŋu, hekpɔ nu si gbɔna la agblɔ o mahã?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mi alakpanuwɔlawo! Mienya be tsi le dzadza ge alo ŋdɔ le ʋuʋu ge to ŋkuléle ɖe yame ŋu me. Gake miegbe be yewomalé ŋku ɖe ʋunyaʋunya gã si gbɔna la ƒe dzesi si ƒo xlã mi la ŋu o.