Luke 12:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ho neni akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋɛ aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ hã be o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alo womedzraa atsutsre atɔ̃ xɔa hotakpo oa? Eye womeŋlɔ wo dometɔa ɖeke be le Mawu ƒe ŋku me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ho si wodzraa atsutsrɔe atɔ̃ la meɖi naneke o. Ke Mawu meŋlɔ wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã be o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Ho nenie akpakpa atɔ̃ xɔna? Menye sidi ʋee aɖe koe oa? Woƒe home mede naneke kura o ɖe? Gake Mawu meŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ hã be o.