Luke 12:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Medi be mana kakaɖedzi mi be, Nye, Amegbetɔ Vi la, made bubu mia ŋu le dutoƒe le mawudɔlawo ŋkume, nenye be miawo hã mieʋu menye le anyigba sia dzi abe mia xɔlɔ̃ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke atsɔm aʋu me le amewo ƒe ŋku me la, Amegbetɔvi la hã aʋu eyama me le mawudɔlawo ƒe ŋku me;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mele egblɔm na mi be ame sia ame si aʋu eme le amewo ŋkume be tɔnyee yenye la, Amegbetɔ Vi la hã awɔ nenema ke nɛ le Mawu ƒe dɔlawo ŋkume.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Medi be mana kakaɖedzi mi be, Nye, ame si tso Dziƒo la, made bubu mia ŋu le dutoƒo le mawudɔlawo ŋkume nenye be miawo hã mieʋu menye le anyigba sia dzi abe mia xɔlɔ̃ ene.