Luke 13:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu wɔ la ta, elabena eyɔ dɔ na nyɔnu la le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, “Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ dɔ wò, ke menye le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ƒuƒoƒemegã, si dome ve le Yesu ƒe gbedada le Sabat dzi ŋuti la, xɔ dzi gblɔ na ameha la bena: Ŋkeke aɖee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me: eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ƒuƒoƒemegã la do dziku, elabe Yesu da gbe le ame ŋu le Dzudzɔgbe, eye wògblɔ na ameha la be: “Ŋkeke ade sɔŋ ye li, si me wòdze be ame nawɔ dɔ le. Miva ne woada gbe le mia ŋu le ŋkeke mawo dzi, ke menye Dzudzɔgbe o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu wɔ la ta elabena eyɔ dɔ na nyɔnua le Sabat ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, “Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nãva woayɔ dɔ wò, ke menye le Sabat ŋkeke dzi o!”