Luke 13:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aƒetɔ la ɖo eŋu be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ɖe mieɖea ka miaƒe tedziwo alo nyiwo le woƒe kpowo me le Dzudzɔgbe dzi, eye miekplɔa wo yina ɖanaa tsi wo wonona oa? Esia hã nye dɔwɔwɔ le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Aƒetɔ la xɔ dzi gblo ne bena: Alakpatɔwo! Ɖe mia dome amesiame metua eƒe nyi alo tedzi le lãnuɖunu la ŋuti le Sabat dzi, be wòakplɔe ayi tsinoƒe o mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be: “Alakpatɔwo! Mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖea ka eƒe nyi alo tedzi le nuɖuƒe hekplɔnɛ yia tsinoƒe le Dzudzɔgbe ɖe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu bena, “Mi alakpanuwɔlawo! Đe mieɖea ka miaƒe nyiwo le woƒe kpowo me le Sabat dzi eye miekplɔawo yina ɖanaa tsi wo wonona oa? Esia hã nye dɔwɔwɔ le Sabat ŋkekea dzie.