Luke 13:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Miʋli be miage ɖe eme to agbo xaxɛ la me, elabena ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke mele egblɔm be womate ŋui o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miʋli be, miayi ɖe agbo bii la me, elabena mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo ladi be, wòayi ɖe eme, eye womate ŋui o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Miʋli ne miato mɔnu xaxɛ la age ɖe eme, elabe mele egblɔm na mi be ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, gake womate ŋui o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miʋli be miage ɖe eme to agbo bii la me, elabena ame geɖewo adi be yewoage ɖe eme, ke mele gblɔm be womate ŋui o.