Luke 13:32 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma be manɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu geɖewo, ayɔ dɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mawu nye dɔ nu, eye maɖo afi si yim mele.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ na abei sia bena: Kpɔ ɖa, mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm, eye mele gbe dam amewo ŋu egbe kple etsɔ, eye ŋkeke etɔ̃lia dzi la mawu enu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ na wo be: “Miheyi, ne miagblɔ na abei ma be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyàm do goe, hele gbe dam le amewo ŋu egbe kple etsɔ, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mawu nye dɔ nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miyi ɖagblɔ na ayetɔ ma bena manɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya dzi, eye mawɔ nukunu geɖewo, ayɔ dɔ amewo egbea kple etsɔ. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mãwu nye dɔ nu eye maɖo afi si yim mele.