Luke 13:34 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo, eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi be, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala le ene, eye mielɔ̃ o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yerusalem, ao, Yerusalem! Wòe wua Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, eye nèƒua kpe ame siwo Mawu dɔ ɖo ɖe gbɔwò! Medi zi geɖe be maƒo viwòwo nu ƒu ɖe gbɔnye, abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te la ene, gake ègbe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
” O, Yerusalem, Yerusalem! Du si me tɔwo wua nyagblɔɖilawo eye woƒua kpe ame siwo woɖo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu la. Zi geɖe la, medina vevie bena maƒo mia viwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒui ɖe eƒe aʋala te ene, gake mieɖe mɔ nam o.