Luke 13:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, ‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ, gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Lãe ƒu anyi. Nu ka ta magana wòanɔ te? Ele mɔ xem na anyigba la.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na agbledela bena: Kpɔ ɖa, ƒe etɔ̃ sɔŋ mele vavam le kutsetse dim le gboti sia dzi, eye nyemekpɔ ɖeke o: lae ƒu anyi, nukaŋuti woxe mo na anyigba la mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wògblɔ na wainbɔdzikpɔla la be: ‘Kpɔ ɖa, ƒe etɔ̃ sɔŋ nye esi mele vavam va le kutsetse dim le ati sia dzi, gake nyemekpɔ ɖeke kpɔ o. Lãe ƒu anyi. Ɖeko wòle anyigba gblẽm dzodzro.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mlɔeba la, egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, ‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Nu ka ta magana wòanɔ te? Mate ŋu ado nuku bubu ɖe teƒe si wòxɔ la ɖe?”