Luke 14:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, ‘Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nàƒoe ɖe ame siwo katã nàkpɔ la nu be woava, be aƒea me nayɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye aƒetɔ la gblɔ na dɔla la bena: Do go yi mɔ gãwo dzi kple kpɔwo godo, eye nazi wo dzi be, woava me, bena nye aƒe la nayɔ fũ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔa gblɔ na subɔla la be: ‘Yi ɖe mɔ gãwo dzi, eye nàtsa le kpɔwo megbe. Zi amewo dzi be woava bene nye aƒeme nayɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, “Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi, kple kpɔwo godo eye naƒoe ɖe ame siwo katã nakpɔ la nu bena woava, be aƒea me nayɔ.