Luke 14:28 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu, eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne mia dometɔ aɖe ɖoe be yeatu xɔ la, ɖe mebɔbɔ nɔa anyi bua akɔnta le ga si wòagblẽ la ŋu gbã, akpɔe ɖa be yeate ŋu awu xɔa nu o mahã?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã?