Luke 15:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi, eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wo dome ɖevitɔ gblɔ na fofoa bena: Fofo, tsa nuawo ƒe akpa, si nye tɔnye la nam. Eye wòmã nuawo me na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖevitɔ gblɔ na tɔ́a be: ‘Tɔ́nye, tsɔ wò nunɔamesiwo ƒe akpa si anye tɔnye gome la nam.’ Ale wo tɔ́ la ma eƒe nunɔamesiawo na wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nãtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nãku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ.