Luke 15:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna.” Eƒe dɔ me trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòtsi tre va fofoa gbɔ. Ke esi wòle mɔ dzi ʋĩ gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu, eye wòƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wòdze mɔ ɖo ta aƒe yina tɔ́a gbɔ. Esi wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la, tɔ́a kpɔe. Eƒe nu wɔ nublanui nɛ, eye wòƒu du yi ɖakpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe heɖuɖɔ nu nɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Ale wòtrɔ ɖo ta aƒe. Hafi wòaɖo aƒea me la, fofoa kpɔe le adzɔge ɖaa wògbɔna.” Eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu ale wòƒu du heyi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ.