Luke 15:29 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mesubɔ wò kple nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemeda wò sedede ɖeka pɛ hã dzi kpɔ o, ke mèna gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be mawu ne nye kple xɔ̃nyewo míaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòɖo ŋu gblɔ na fofoa bena: Kpɔ ɖa, nenem ƒe geɖe siawo mesubɔ wò, eye nyemeda wò seawo dzi kpɔ o, ke nye la mena gbɔ̃ tatam kpɔ bena, mía kple xɔ̃nyewo míakpɔ dzidzɔ o:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke eɖo eŋu na tɔ́a be: ‘Kpɔ ɖa, mesubɔ wò ƒè geɖee. Nyemeda wò se aɖeke dzi kpɔ o; gake mèna gbɔ̃tsui teti hãm be matsɔ akpɔ dzidzɔ kple xɔ̃nyewo kpɔ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake via gblɔ nɛ be, ‘Mewɔ dɔ na wò kple nye ŋutetewo katã ƒe geɖe. Nyemegbe dɔ na wò zi ɖeka pɛ hã kpɔ o, ke mèna gbɔ̃vi ɖeka tetim kpɔ be matso ne nye kple xɔ̃nyewo miaɖa nu aɖu akpɔ dzidzɔ o.