Luke 15:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mele egblɔm na mi be, nenema ke woakpɔ dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka si trɔ dzime la ta sãa, wu le ame dzɔdzɔe bla asieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la tae.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Nenema kee dziƒonɔlawo akpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔla ɖeka pɛ si dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu tsɔ wu ame blaasieke-vɔ-asieke siwo mehiã na dzimetɔtrɔ o.”