Luke 16:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Kesinɔtɔ aɖe xɔ gakɔntametola aɖe be wòakpɔ eƒe ganyawo dzi nɛ. Eteƒe medidi o la, eva se be gakɔntametola la nye ame fiti aɖe ŋutɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo hã bena: Ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si xɔnuvi le esi, eye wotso eyama nu nɛ bena, ele eƒe nuwo gblẽm.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo hã be: “Ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi gbe aɖe gbe. Nudzikpɔla aɖe nɔ esi. Wova tso enu na kesinɔtɔ la be ele eƒe nuwo gblẽm.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Kesinɔtɔ aɖe xɔ gakɔntametola aɖe be wòakpɔ eƒe ganyawo dzi nɛ. Ke eteƒe medidi o la, eva se be gakɔntametolaa nye ame fiti aɖe ŋutɔ.