Luke 16:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Le esia ta la, kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la, menya wò le dɔ me.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòyɔe gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, eye mese esia le ŋuwò mahã? Bu akɔnta le wò xɔnuvinyenye la ŋuti, elabena megale ŋu te ge anye xɔnuvi gbeɖe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta eyɔ nudzikpɔla la, eye wògblɔ nɛ be: ‘Nya kae nye esi sem mele le ŋuwò? Va wɔ akɔnta nam le wò nudzikpɔkpɔ ŋuti, elabe màgakpɔ nye nuwo dzi azɔ o!’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Le esia ta kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la menya wò le dɔ me.’