Luke 16:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emlɔa afi sia henɔa mɔ kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo va nɔa eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wòle ɖiɖim be, yeaɖu nusiwo le dudum le kesinɔtɔ la ƒe kplɔ̃ dzi la, aɖi ƒo; ke avũwo hã va, eye woɖuɖɔ eƒe abiwo mo nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wòdina be yeaɖu nu siwo duduna ɖi tso kesinɔtɔa ƒe kplɔ̃ dzi. Avuwo gɔ̃ hã va ɖuɖɔa eƒe abiawo me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Emlɔ afi sia henɔ mɔ kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo va nɔa eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu.