Luke 16:24 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Fofo Abraham, ve nunye, eye nadɔ Lazaro ɖa bena woatsɔ eƒe asibidenu ata tsi me, eye wòafa aɖe nam, elabena mele fu kpem le dzo ƒe aɖe sia me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete kesinɔtɔ la do ɣli yɔe be: ‘Tɔgbui Abraham, meɖe kuku ve nunye. Dɔ Lazaro ɖa, ne wòatsɔ eƒe asibidɛ nu atɔ tsi me ava ge ɖe aɖe dzi nam, ne nye dzi nafa ʋɛ, elabe mele fu kpem le dzobibi sia me akpa!’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ ge ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye veme ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’”