Luke 17:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, Yesu gaƒo nu le nu sia ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi miadi be nye Amegbetɔ Vi la manɔ mia gbɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko. Gake nyemanɔ anyi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na nusrɔ̃lawo bena: Ŋkekewo gbɔna, le esi me miadi be, míakpɔ Amegbetɔvi la ƒe ŋkekewo dometɔ ɖeka, eye míakpɔe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be: “Ɣeyiɣi gbɔna, si me miadi be yewoakpɔ Amegbetɔ Vi la ƒe ŋkekewo dometɔ ɖeka, ke miakpɔe o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Emegbe la, Yesu gaƒo nu le nu sia ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi miadim be manɔ mia gbɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko. Gake nyemanɔ anyi o.”