Luke 17:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem, eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole srɔ̃ɖeɖe dzi, eye wole wo tsɔm na, be woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi de aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va, eye wotsrɔ̃ wo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣe ma ɣi la, wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom; wonɔ srɔ̃ ɖem, eye wonɔ viwo tsɔm na be woaɖe, va se ɖe ŋkeke si dzi Noa ge ɖe aɖakaʋua me. Tete tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ wo katã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã.”