Luke 17:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm, eye wòtrɔ tso agble va aƒe me, eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi, eye nàɖu nu’?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mia dome ameka ƒe dɔla le agble ŋlɔm alo le lã nyim, eye ne etso agble va aƒe la, wòagblɔ nɛ bena: Va kaba, eye nabɔbɔ nɔ anyi mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mabia mi se. Ne dɔla aɖe le mia dometɔ aɖe si, eye wòle agbledɔ wɔm nɛ, alo wòle alẽ kplɔm nɛ, eye dɔla sia gbɔ tso gbedzi va aƒe teti la, ɖe eƒe aƒetɔ agblɔ nɛ be neva bɔbɔ nɔ anyi wòaɖu nu zi ɖekaa?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm eye wòtrɔ tso agble va aƒe me eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi eye naɖu nu?