Luke 18:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yesu yɔ ɖeviawo va eɖokui gbɔe, eye wògblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame sia tɔgbiwo tɔe nye mawufiaɖuƒe la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu yɔ wo va egbɔ gblɔ bena: Mina ɖeviawo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔe nye mawufiaɖuƒe la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yesu yɔ wo va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be: “Mina ɖeviawo nava gbɔnye. Migaxe mɔ na wo o, elabe ame siawo tɔgbe tɔe nye Mawu ƒe fiaɖuƒe la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke Yesu yɔ ɖeviawo va eɖokui gbɔe eye wògblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame sia tɔgbiwo tɔe nye mawufiaɖuƒe la.