Luke 18:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be, ‘Ɖem le nye ketɔ si me.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ahosia ɖe nɔ du ma me, eye wòvaa egbɔ enuenu gblɔna bena: Ɖem le nye ketɔ si me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ahosi aɖe hã nɔ dua me. Evaa ʋɔnudrɔ̃la la gbɔ enuenu gblɔna nɛ be: ‘Ɖem tso nye ketɔ si me.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be wòatso afia na ye le ye kple ŋutsu aɖe si dze agɔ le ye dzi la ƒe nya me.