Luke 19:13 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui, eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wògblɔ na wo be, ‘Mitsɔ ga sia nɔ asi tsamii hafi magbɔ.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòyɔ eƒe dɔlawo dome ame ewo ve la, etsɔ pounde ewo na wo, eye wògblɔ na wo bena: Mitrɔ le wo dzi, vaseɖe esime magagbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyɔ eƒe subɔla ewo, tsɔ sikaga ɖeka de wo dometɔ ɖe sia ɖe si, eye wògblɔ na wo be: ‘Mitsɔe wɔ dɔe va se ɖe esime magbɔ.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ anɔ asi tsamii hafi yeagbɔ.