Luke 19:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ yeƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋu dɔ kpɔ viɖe aɖe mahã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva ve me, esi wòxɔ fiaɖuƒe la vɔ, eye wòtrɔ gbɔ la, bena ena woyɔ dɔla siawo, amesiwo si wòtsɔ ga ɖee la, vɛ nɛ, bena wòanya amesi ɖe vi, kple vi, si wòɖe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi woɖo fia ŋutsua wòtrɔ gbɔ la, eɖe gbe be woayɔ yeƒe subɔla siwo yetsɔ ga la na la vɛ, ale be woawɔ akɔnta le viɖe si wokpɔ la ŋu na ye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ eƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋudɔ kpɔ viɖe aɖe mahã.”